Mark 11

Yesu yi Yerusalem abe dziɖula ene

(Mateo 21:1-11; Luka 19:28-40; Yohanes 12:12-19)

1Esi wogogo Betfage kple Betania le Yerusalem gbɔ eye wova ɖo Amito la gbɔ la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve be woado ŋgɔ na yewo.

2Egblɔ na wo be, “Miyi kɔƒe si le mia ŋgɔ la me. Ne miege ɖe eme teti ko la, miakpɔ tedzivi si womedo kpɔ o la le ka me. Mitui ne miakplɔe vɛ. 3Ne ame aɖe bia mi be nu ka tae miele ka ɖemii hã la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le ehiãm eye agatrɔe vɛ kpuie.’”

4Nusrɔ̃lawo eveawo dze mɔ eye wokpɔ tedzivi la le ka me le aƒe aɖe godo. Esi wonɔ ka tumi la, 5ame aɖewo siwo nɔ tsi tre ɖe afi ma la bia wo be, “Nu ka tae miele ka tum tedzivia?”

6Wogblɔ nya siwo Yesu be woagblɔ la, eye ameawo ɖe mɔ na wo.

7Ale wokplɔ tedzivi la vɛ na Yesu eye nusrɔ̃lawo ɖe woƒe awuwo ɖe edzi be wòadoe. 8Ame geɖe siwo hã nɔ ameha la dome la ɖo woƒe awuwo ɖe mɔƒoa me le eŋgɔ be wòazɔ edzi eye ɖewo hã ŋe atilɔwo ɖo ɖe mɔƒoa me nɛ fũ.

9Eya ŋutɔ nɔ titina, ame aɖewo nɔ eŋgɔ eye ɖewo hã nɔ eyome eye wo katã wonɔ ɣli dom dzidzɔtɔe be, “Hosana, woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ŋkɔ me.” 10Woayra Mawu be wòtrɔ Mía Fofo David ƒe fiaɖuƒe la vɛ na mí. Hosana le dziƒo ʋĩ.

Yesu ƒo fi de gboti aɖe

(Mateo 21:18-19)

11Ale wòge ɖe Yerusalem dua me eye woyi gbedoxɔ la me. Etsa ŋku godoo le teƒea, lé ŋku ɖe nu sia nu ŋu tsitotsito eye wòtrɔ dzo yi Betania kple nusrɔ̃la wuieveawo elabena zã nɔ dodom.

12Le ŋufɔke ŋdi esi wotrɔ tso Betania gbɔna la, dɔ wu Yesu le mɔa dzi. 13Ekpɔ gboti aɖe le eŋgɔ. Ati sia da ame ŋutɔ ale wòzɔ ɖe edzi be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi hã. Gake aŋgbawo koe nɔ atia dzi elabena eƒe kutseɣi me ɖo o.

14Yesu ƒo fi de atia be, “Ame aɖeke magaɖu wò kutsetse aɖe kpɔ o tso fifia yi mavɔ me.” Nusrɔ̃lawo hã se nya si wògblɔ.

Gbedoxɔ la ŋukɔkɔ

(Mateo 21:12-17; Luka 19:45-48; Yohanes 2:13-22)

15Esi wova ɖo Yerusalem la, eyi gbedoxɔa me ake eye wòde asi nudzralawo kple nuƒlelawo nyanya me do goe. Emu gaɖɔlilawo ƒe kplɔ̃wo ƒu anyi, ekaka akpakpadzralawo hã ƒe agbadɔwo, 16eye meɖe mɔ be ame aɖeke natsɔ naneke kura ato gbedoxɔa me o.

17Egblɔ na ameawo bena, “Woŋlɔ ɖe mawunya me be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe na dukɔwo katã.’ Gake miawo mietsɔe wɔ adzoblasuwo ƒe nɔƒee.”

18Esi Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe kplɔla bubuwo se nu si Yesu wɔ la, wode aɖaŋu le ale si woawɔ awui la ŋuti. Ke nane ɖe fu na wo ƒe susu. Eyae nye be, ame geɖewo kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le Yesu ƒe nufiafia ŋuti, ale be ʋunyaʋunya ate ŋu adzɔ nenye be wote nu sia wɔwɔ kpɔ.

19Abe ale si wowɔna ɖaa ene la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo do go le dua me la fiẽ me lɔƒo.

Nusɔsrɔ̃ tso gboti yɔyrɔ la ŋu

(Mateo 21:20-22)

20Le ŋufɔke ŋdi la, wova to ati si Yesu ƒo fi de la ŋuti eye wokpɔ be ati blibo la yrɔ sũu. 21Kasia Petro ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ na atia la dzi, eye wòdo ɣli gblɔ be, “Kpɔ ɖa, Nufiala! Ati si nèƒo fi de la yrɔ!” 22Yesu ɖo eŋu be, “Mawudzixɔse nanɔ mia si.” 23“Nyateƒenya wonye be, nenye ame aɖe agblɔ na to sia be ‘Yi, natsɔ ɖokuiwo ƒu gbe ɖe atsiaƒu me’ eye ɖikeke aɖeke mele eƒe dzi me o, ke wòxɔe se be nu si yegblɔ ava me la, woawɔe nɛ. 24Eya ta mele egblɔ na mi, nu sia nu si miabia to gbedodoɖa me la mixɔe se be miaxɔe, eye woaka mia si hã. 25Gake ne miebe yewoado gbe ɖa la, mitsɔ ame siwo ƒe nyawo le dɔme na mi la ke wo gbã bena mia fofo si le dziƒo hã, natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi.”

Nyahehe tso Yesu ƒe ŋusẽ ŋu

(Mateo 21:23-27; Luka 20:1-8)

26Ke ne mietsɔ ke amewo o la, mia Fofo hã matsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi o. 27Wova ɖo Yerusalem ake eye esi wonɔ tsa ɖim le gbedoxɔa me la Osɔfogawo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo va tui hebiae be, 28“Ŋusẽ ka tututue le asiwò nètsɔ le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wo?”

29Yesu ɖo eŋu na wo be, “Hafi maɖo nya sia ŋu na mi la, miawo hã miɖo nye biabia ɖeka sia ŋu nam. 30Yohanes ƒe mawutsidetaname ɖe ame ka gbɔ wòtso, Mawu gbɔe wòtso loo alo amewo gbɔe wòtsoa? Miɖo eŋu nam!”

31Wodzro nya sia ŋu le wo ɖokuiwo dome eye wogblɔ be, “Ne míeɖo eŋu be Mawu gbɔe la, agblɔ be, ‘Enyo, nu ka tae míexɔe o ɖo?’ 32Gake ne míegblɔ be menye Mawu gbɔe wòtso o la, ke míegblɔ nya aɖe, esi ana be ʋunyaʋunya adzɔ. Elabena amewo katã xɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.”

33Eya ta wogblɔ nɛ be, “Míate ŋu aɖo eŋu na wò o. Míenya o.” Yesu hã gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ le nu siawo womii la na mi o.”

Copyright information for EweBEE